Mark 1:9-11

Yohanes de Mawutsi ta na Yesu

(Mateo 3:13-17; Luka 3:21-22)

9Ɣemaɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisia me. 10Esi Yesu nɔ go dom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe, si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi. 11Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Woe nye Vinye lɔlɔ̃a si ŋu mekpɔa ŋudzedze blibo le.”

Copyright information for EweBEE